eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.
Ɖe menye fofo eɖekae li na mi katã oa, eye ɖe menye Mawu fɖekae me mi oa? Nukaŋuti mia dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mia fofowo ƒe nubabla la?
Eyata miyɔ Baal fe nyagblɔɖilawo katã kple esubɔlawo katã kpakple eƒe nunɔlawo katã ɖem, amea ɖeke megatsi anyi o, elabena mele vɔsaŋkeke gãa ɖe ɖu ge na Baal. Amesi ke tsi anyi la, maganɔ agbe o! Ke ŋɔdzomenue Yehu wɔ, be woatsrɔ̃ Baal-subɔlawo.