Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 27:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 27:29
40 Referans Kwoze  

Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi meawo katã le.


Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


wogblɔ nɛ bene: „Xoxoetɔ la asubɔ ɖevitɔ la;“


Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Eye wònyã matrewɔla, siwo kpɔtɔ le fofoa Asa ŋɔli la ɖa le anyigba dzi.


Aleke maƒo fi de amesi Mawu meƒo fi de o, eye mado ɖiŋu na amesi Yehowa medo ɖiŋu na o?


Miele mɔli biam le agble me, tete nye mɔli babla tsi tre, eye wòdzɔ kã; kasiaa mia tɔwo va ƒo xlãe, eye wode la agu nɛ.


Tete Isak gblɔ na Esau bena: Kpɔ ɖa, meɖoe aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wein hã nɛ: azɔ nuka gɔ̃e gali mawɔ na wò, vinye?


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Tete wòaɖo ŋu na wo agblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si miewɔ na nenem me sue siawo dometɔ ɖeka o la, miewɔe na nye hã o.


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


Elabena Yuda sẽ ŋu le nɔviawo dome, eye amegã dzɔ tso eme; ke ŋgɔgbevinyenye la enye Yosef tɔ.


Eye Yakob gblɔ be: Ka atam ƒu dzi nam gbɔ! Tete wòka atam nɛ, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒle na Yakob.


Mawu ana be, Yafet ƒe nɔƒe nakeke ɖe nu, eye wòano Sem ƒe agbadɔwo me; eye Kanaan anye kluvi na wo!


Ke esi Isak wu Yakob yayra nu, eye Yakob ɖo go tso fofoa Isak gbɔ la, tete nɔvia Esau gbɔ tso adegbe.


Wò yi anyi wò, eye àsubɔ nɔviwò. Ke ne èle ʋiʋlim la, aɖe eƒe kɔkuti ɖa le wò kɔ dzi.


Eye esi wòlii na fofoa kple nɔviawo la, fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mia kple dawo kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã?


Woaxɔ Edom ƒe anyigba, eye woaxɔ eƒe futɔ Seir hã ƒe anyigba; ke Israel ya akpɔ ŋusẽ.


Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.


Eye amesiwo se ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be: „Yehowa ƒe ɖu.“ „Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion“.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite