Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 27:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye wògblɔ nɛ bena: Vinye Esau nènyea? Eɖo ŋu bena: E, nyee!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 “Woe nye Esau nyateƒea?” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyee!”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 27:24
16 Referans Kwoze  

migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


Alakpanuyiwo nye ŋunyɔ na Yehowa; ke amesiwo wɔa nuteƒe ƒe nu nyoa eŋu


Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me!


Alakpa kple aʋatsokaka neƒo asa nam! Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nyee tɔnye,


Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.


Elabena wò vodada le nu fiam wò nu, eye nètia ayetɔwo ƒe aɖe.


Ne Axis bia bena; afika dzi mieɖadze egbea hã la, Dawid ɖoa ŋu bena: Míetso Yuda ƒe dziehe. Yeraxmeelitɔwo ƒe dziehe kple Kenitɔwo ƒe dziehe.


Nya siawo de dzi gbɔ na Dawid, wòde asi Gat-fia Axis vovɔ̃ me.


Eye Dawid va nunɔla Aximelex gbɔ le Nob; tete Aximelex ɖe abla va kpe Dawid, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti wò ɖeka neva, eye amea ɖeke mekpe de ŋuwò o?


Fia la gblɔ ne bena: Nya ka dzo ɖe dziwò? Eɖo ŋu bena: Ahosi menye, eye srɔ̃nye ku.


Ale medze sii o, elabena eƒe asiwò to fu kedzekedze abe nɔvia Esau ƒe asi ene, eye wòyrae.


Eye wògblɔ bena: Tsɔe vɛ nam, ne maɖu vinye ƒe adelã la, eye mayra wò! Tete wòtsɔe ve nɛ woɖu, emegbe wotsɔ wein vɛ nɛ wònɔ.


Eɖo ŋu nɛ bena: Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ bena: Yi ɖagbugbɔe, eye mia kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo, eye wòano tsi! Ke alakpae wòda nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite