Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 26:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena Abraham ɖo to nye gbe, eye wòwɔ nye se, nye ɖoɖo kple nye mɔnufiame, siwo megblɔ nɛ la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mawɔ esia, elabena Abraham wɔ nye sewo kple ɖoɖowo katã dzi.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 26:5
14 Referans Kwoze  

To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.


hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la,


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia na mía fofo Abraham, le esime wòtsɔ via Isak ɖo vɔsamlekpui dzi o mahã?


Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran.


Gbemagbe tututu Abraham tso via Ismael kple amesiwo katã wodzi le eƒe me, kple eƒe kluviwo, ŋutsu sia ŋutsu, si le Abraham ƒe me la ƒe aʋanuyiwo ɖa, abe alesi Mawu gblɔ nɛ ene.


Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.


Eye Isak nɔ Gerar.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite