Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 26:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Isak na wogaha vudo, siwo woɖe le fofoa Abraham ŋɔli, eye Filistitɔwo va xe wo, le Abraham ƒe ku megbe la me, eye wògatsɔ ŋkɔ na wo, abe alesi fofoa yɔ wòe ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Isak gbugbɔ fofoa Abraham ƒe vudo siwo Filistitɔwo xe le fofoa ƒe ku megbe la ɖe, eye wògbugbɔ ŋkɔ siwo fofoa na wo la tsɔ na wo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 26:18
10 Referans Kwoze  

Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi.


Matse eƒe weingble nɛ de afima, eye nuxaxabali me la atrɔ zu mɔkpɔkpɔ ƒe agbo! Adzi ha le afima abe le eƒe ɖetugbimenɔɣi kple ɣeyiɣi, si wòʋu tso Egipte-nyigba dzi la ene.


Vevesesewo dzina ɖe dzi na amesiwo tsɔa Mawu ɖɔa li mawu bubuwoe; nyemaƒo woƒe vɔsaʋu ɖe anyi o, eye woƒe ŋkɔ mava nye nu me o.


Neho, Baal-Meon kple Sibma, eye wotrɔ ŋkɔ na wo hetsɔ ŋkɔ yeye na du, siwo wotso la.


Eyata woyɔ teƒe ma bena: Beer-Seba, elabena afima wo ame eve la woka atam na wo nɔewo le.


Tete Abraham ƒo nu kple Abimelex le tsivudo, si eƒe dɔlawo xɔ sesẽe la ŋuti.


Tete Isak ʋu le afima ɖatu eƒe agbadɔ ɖe Gerar bali me, eye wònɔ afima.


Eye Isak ƒe dɔlawo ɖe vudo ɖe bali la me, eye wotu tsi dzidzi le afima.


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Eɖo ŋu nɛ bena: Alẽvi adre siawo naxa le asinye, ne wòanye ɖase nam bena, nyee ɖe vudo sia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite