Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 25:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii hafi wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Abraham mia nu, eye eƒe agbe nu tso le ƒe geɖe xɔxɔ megbe. Enɔ agbe wòde edeƒe, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 25:8
27 Referans Kwoze  

Esi Yakob wu nyawo nu na viawo vɔ la, eƒo ata ƒu ɖe aba dzi, eye wòmia nu, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.


Eku amegã belibeli hafi ku, eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.


Ke wò la ayi ɖe tɔgbuiwòwo gbɔ le ŋutifafa me, eye àku amegã belibeli hafi àku.


Hiob tsi, eye agbenɔnɔ tii, hafi wòku.


Ismael ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre, eye wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.


Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;


Ɖekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ, eye ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.


Atsi aƒu ga, hafi ayi yɔ me, abe alesi wotsɔa lu bablawo va aƒee le woƒe ɣeyiɣi dzi ene.


Gideon, Yoas vi la, tsi ŋutɔ hafi ku, eye woɖii ɖe fofoa Yoas ƒe yɔɖo me le Abiesritɔwo ƒe Ofra.


Eye ƒe, siwo katã Abraham nɔ agbe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaadre vɔ atɔ̃.


Tete wòdze anyi enumake ɖe eƒe afɔ nu, eye eƒe agbe nu tso. Eye esi ɖekakpuiawo va me la, wokpɔ bena, eku, eye wotsɔe do go ɖaɖi ɖe srɔ̃a gbɔ.


Eye wòde se na wo gblɔ na wo bena: Ne meyi ɖe tɔgbuinyewo gbɔ la, ekema miaɖim ɖe fofonyewo gbɔ, ɖe kpeto, si le Efron Xititɔ ƒe agble me la me,


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Ke esi Anania se nya siawo la, edze anyi, eye eƒe agbe nu tso. Eye vɔvɔ̃ gã dze amesiwo katã se nusiawo la dzi.


Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe yɔm fũ, eye eléle ɖe dɔ me tim. Trɔe kɔ ɖe ɖeviwo dzi le ablɔ me kple ɖekakpuiwo ƒe ha siaa dzi; elabena woalé ŋutsu kple nyɔnu, ame tsi-tsi kple amegã ɖeɖi siaa!


Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.


Eye ne ekpɔe vɔ la, wò hã nayi tɔgbuiwowo goɔ, abe alesi nɔviwò Aron yii ene.


Aron nayi tɔgbuiawo gbɔ; elabena mele anyigba, si matsɔ na Israel-viwo la, dzi de ge o, le esi miesẽ to ɖe nye sea ŋu le dzrewɔtsia gbo la ta.


Esi wòle kudɔ ƒom, eye wòkpɔ bena, yele kuku ge la, ena ŋkɔe bena: Benoni; ke fofoa yɔe be Benyamin.


Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.


Eye naku te to, si dzi nede la dzi, eye nayi tɔgbuiwòwo gbɔ, abe alesi nɔviwò Aron ku le Xor-to la dzi heyi tɔgbuiawo gbɔ ene.


Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.


Esi Dawid tsi, eye agbe tii la, etsɔ via Salomo ɖo fia ɖe Israel nu?


Yoyada tsi, eye agbe tii, eye woku; exɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ hafi ku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite