Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 25:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 ke ena nu vi siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la hã, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒe lɔƒo, ale be womanɔ teƒe ɖeka kple Isak o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 25:6
18 Referans Kwoze  

Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.


Godoo ne Israel ƒã nu la, Midiantɔwo kple Amalekitɔwo kpakple ɣedzeƒeviwo hona ɖe wo ŋu,


Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.


Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Ɖetugbi la fofo, si nye toa, lée ɖi, eye wòtsi egbɔ ŋkeke etɔ̃; woɖu nu no nu, eye wotsi afima do.


Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see.


Ale nunanawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa me dɔ le zã ma me.


Eye Abraham gaɖe srɔ̃, si ŋkɔ nye Ketura.


Le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi nɔnɔ ƒe ewo megbe la, Sarai, Abram srɔ̃, tsɔ eƒe kosi, Egipte-nyɔnu Hagar, na srɔ̃a Abram wòɖe.


Ke esi Lea kpɔ bena, yemegale vi dzim o la, etsɔ eƒe kosi Silpa na Yakob wòɖe.


Eye wòtsɔ eƒe kosi Bilha ne wòde, eye Yakob dɔ kplii.


Eye Rexabeam lɔ̃ Absalom vinyɔnu Maaxa wu srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo katã, elabena eɖe srɔ̃ wuienyi, eye wòdze ahiã blaade, eye wòdzi ŋutsuvi blave vɔ enyi kple nyɔnuvi blaade.


Tete Yakob dze mɔ, eye wòyi ɖe ɣetoɖoƒetɔwo ƒe anyigba dzi


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite