Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:60 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

60 Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

60 Le kaklãɣi la, woyrae kple nya siawo: “Mía nɔvi lɔlɔ̃a, nadzi ame akpe akpewo wò dzidzimeviwo naɖu woƒe futɔwo katã dzi.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:60
15 Referans Kwoze  

eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada.


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi!


Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!


Woawo anye miaƒe ame, eye mia viwo atso wo anyi domee, miekpɔ mɔ ade kluvidɔ asi na wo ɣesiaɣi. Ke migaɖu mia ŋutɔwo mia nɔvi Israel-viwo dzi kple sesẽ o.


Eye wòyra wo gbemagbe gblɔ bena: Wò ŋkɔ Israel-viwo atsɔ ayra amewo agblɔ bena: Mawu naɖi na wò abe Efrayim kple Manase ene! Ale wotsɔ Efrayim ɖo tsitsii na Manase.


Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.


ekema fofoa kple dada nalée ayi du me ame tsitsiawo gbɔ, eye woakplɔe ayi du la ƒe ʋɔnu.


Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Esia megbe Rebeka kple eƒe nyɔnudɔlawo ɖe kposɔwo dzi, eye wodze mɔ dze ŋutsu la yome. Ale ŋutsu la kplɔ Rebeka hedzoe.


Eye esi Laban fo ŋdi kanya la, eɖuɖɔ nu na tɔgbuiayɔviwo kple vianyɔnuwo, eye wòyra wo. Emegbe la Laban dze mɔ gatrɔ yi enɔƒe.


Miɖe srɔ̃, eye midzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; miɖe nyɔnu na mia viŋutsuwo, eye miɖe ŋutsu na mia vinyɔnuwo, ne wòadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo; midzi ɖe dzi le afima, eye migazu ʋee o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite