Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:56 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

56 Eɖo ŋu na wo bena: Migasikam ɖi o! Yehowa na nye mɔzɔzɔa dze edzi nam; eyata mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

56 Ke aƒedzikpɔla la ɖe kuku be, “Migaxe mɔ na nye tɔtrɔ o. Yehowa ŋutɔ na nu si ta meva la dze edzi nam, eye medi be mayi aɖana akɔnta nye aƒetɔ.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:56
8 Referans Kwoze  

Nyee, nyee ƒo nu, meyɔe, eye mena wòva, eye eƒe mo adze edzi nɛ.


Nya nyui xɔxɔ tso duta le abe tsi fafɛ na amesi ƒe ve me ƒu la ene.


Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyuie anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze dzi na wò.


Eɖo ŋu nam bena: Yehowa, amesi ƒe ŋku me zɔm mele la, adɔ eƒe dɔla akpe ɖe ŋuwò, bena wò mɔzɔzɔ la nadze edzi na wò, eye naɖe srɔ̃ na vinye atso ƒonyemeawo gbɔ le fofonye ƒe me.


Esia megbe la eya kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi dɔ. Ke esi wofɔ ŋdi la, egblɔ bena: Mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ!


Eye wogblɔ bena: Míayɔ nyɔnuvi la vɛ, bena míabia eya ŋutɔ ase.


Ke esi Raxel dzi Yosef megbe la, Yakob gblɔ na Laban bena: Do mɔm, ne mayi mía de.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite