Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:53 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

53 Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

53 Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:53
11 Referans Kwoze  

Esi kposɔwo ɖi kɔ la, ŋutsu la tsɔ sikaŋɔtigɛ, si da sekel afã, kple alɔnugɛ eve, siwo da sekel ewo la, do nɛ.


Tete dɔla la ɖe kposɔ ewo tso eƒe aƒetɔ ƒe kposɔwo dome, eye wotsɔ eƒe aƒetɔ ƒe nu vevi vovovowo ɖe asi, eye wòdze mɔ heyi Mesopotamia, ɖe Naxor ƒe ɖu la me.


Eye Israel-viwo wɔe ɖe Mose ƒe nya la nu, eye wobia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le Egiptetɔwo si.


Eyata gblɔ na dukɔ la bena: Ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo le eƒe aƒelika si!


ke nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo kpakple avɔwo le eƒe aƒelika kple eƒe me medzrowo si, eye miatsɔ wo aɖo atsyɔ̃ na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo. Ale miaha Egiptetɔwo enye si!


Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfiã eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o.


Wò numiemiewo nye yevuboɖabɔ, si me kutsetse nyuiwo, koferseƒoƒo kple gbe ʋeʋẽewo,


Eye wo gbɔ nɔlawo katã tsɔ klosalonuwo kple sika, kesinɔnuwo kple lãwo kpakple nu xɔasiwo do alɔ na wo hekpe de nusiwo katã wona laa la ŋuti.


Wo fofo na nu geɖe wo, klosalo kple sika kple nu xɔasiwo hekpe ɖe Yuda-du sesẽwo ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yoram, elabena eya nye ŋgɔgbea.


Dzonu le tonu na wò nyuie, eye adzagba le kɔ na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite