Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

50 Tete Laban kple Betuel wogblɔ bena: Nya sia tso Yehowa gbɔ, eyata míate ŋu agblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui ɖe eŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

50 Laban kple Betuel ɖo eŋu be, “Eme kɔ ƒãa be Yehowa ŋutɔe kplɔ wò va afi siae, eya ta nya aɖeke mele mía si o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:50
15 Referans Kwoze  

Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me.


Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o.


Ŋusẽ le asinye be, mawɔ vɔ̃ mi hafi, gake le etsɔ ƒe zã, si va yi me la, mia fofo ƒe Mawu la gblɔ nam bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒonu vɔ̃a ɖeke kple Yakob o.


Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.


Azɔ ne Mawu tso nenem nunana ma ke na wo, abe alesi wòna mi, amesiwo xa Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se la ene la, nye la ameka menye be, mate ŋu axe mo na Mawua?


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Eye nɔvia kple dadaa gblɔ bena: Na nyɔnuvi la nanɔ mía gbɔ ʋee abe ŋkeke ewo ene, emegbe la ayi faa.


Eye dɔla la ɖe klosalo- kple sikanuwo kple avɔ veviwo na Rebeka, eye wotsɔ akpedanu xɔasiwo na nɔvia kple dadaa.


Ke nyɔnuvi la ƒu du yi aƒe me, be woaɖagblɔ nya siawo na dadaa.


Ke esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge.


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Kpo ɖa, Rebeka anye si, ele asiwò me, kplɔe yii, ne wòanye wò aƒetɔ vi la srɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔe ene!


Eye fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Yehowae trɔe alea, ne yeawɔ eƒe nya, si Yehowa gblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam, Nebat vi la dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yidawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnyea nya sia tso. Tete wose Yehowa ƒe gbe, eye wòtrɔ dzo le Yehowa ƒe nya la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite