Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ, si kpɔa eƒe nuwo katã dzi bena. Tsɔ wò asi ɖo nye ali me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Gbe ɖeka la, Abraham gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla, ame si nye eƒe subɔla tsitsitɔ be,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:2
14 Referans Kwoze  

Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o;


Tete Abram gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem, eye ye nuwo domenyila enye Damaskotɔ Eliezer la, nuka gɔ̃ natsɔ nama?


eye amegãwo katã kple kalẽawo kpakple fia Dawid ƒe viwo katã hã de ta fia Salomo le.


Emegbe la ede se na eƒe aƒe dzikpɔla bena: De bli ŋutsuawo ƒe kotokuwo me taŋ, alesi nu anya tsɔ na wo, eye natsɔ amesiame ƒe ga ada ɖe blia dzi le kotokua me.


Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.


Eye wògblɔ bena: Abraham ƒe dɔla menye.


Eye nye aƒetɔ gblɔ nam, eye wòna meka atam ɖe dzi nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ, siwo ƒe anyigba dzi mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Eye eƒe me amegãwo va egbɔ, be ye woa fɔe le anyigba; ke melɔ̃ o, eye meɖu nu kpli wo o.


Tete eƒe ɖɔla Zimri, si nye tasiaɖamwo ƒe afã ƒe amegã la, ɖo gbe ɖi ɖe eŋu, esime wono aha mũ le Arza, si nye aƒedzikpɔla le Tirza la ƒe me


Eye wògblɔ bena: Ka atam! Eye wòka atam nɛ. Tete Yakob gadze ŋe ɖe eƒe abati la dzi.


Dɔla, si nye nuxalawo dzikpɔla, ɖo ŋu bena: Moab-nyɔnu, si kple Naomi wotso Moab-nyigba dzi vae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite