Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete dɔla la ƒu du yi ɖakpee gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, na tsi via ɖem mano!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Aƒedzikpɔla la ɖe abla te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem tso wò tsikuze la me mano.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:17
10 Referans Kwoze  

Eye Samaria-nyɔnua ɖe va tsi du ge. Yesu gblɔ nɛ bena: Na ɖem mano.


Mi Tema-nyigbadzitɔwo, mitso tsi yi ɖakpe ame tsikɔwuwo, mitso nuɖuɖu ɖakpe ame sisiwoe!


Eye wòdze mo heyi Zarpat. Esi wòva dua ƒe agbo nu la, ahosia ɖe le afima le nake fɔm, eye wòyɔe gblɔ bena: Taflatse, ku tsi ɖe nane me vɛ nam mano.


Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —


Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye woakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.


Eye wòava me le amewugbe gã, si xɔ tsralawo amũ la be, toʋuwo anɔ tsi tsam le to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ta me.


Esi nyemekpɔ ɖe nu le nya la me o la, tete Rebeka lé ze ɖe ta vɛ, eye wòyi ɖe vudo la me ɖaku tsi. Eye megblɔ ne bena. Meɖe kuku, na tsim mano!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite