Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 24:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 eye ava me be, nyɔnuvia ɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano lã, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò ɖɔla Isak, eye eya me madze sii le be, eve nye aƒetɔ nu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nu si mebia wò lae nye ɖetugbi si mabia be wòana tsim, eye wòagblɔ be, ‘Yoo, mana tsi wò kple wò kposɔwo siaa’ la, na be eya tututu nanye nyɔnu si wò ŋutɔ nètia be wòanye Isak srɔ̃. To esia me madze sii le be ève nye aƒetɔ nu.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 24:14
22 Referans Kwoze  

ekema matsɔ alẽgbalẽ da ɖe lugbɔƒe, eye ne zãmu ƒo alẽgbalẽ la ɖeɖeko, eye anyigba blibo la le ƒuƒuie la, ekema madze sii be, dzinye to ge nala aɖe Israel, abe alesi nègblɔ ene.


Edo ŋu nɛ bena: Ne eve nunye la, ekema na dzesim be, wòe le nu ƒom kplim!


Ke egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ Yehowa, nuka me madze sii le bena, màtsɔe anyi domee mahã?


Bia dzesi tso Yehowa, wò Mawu la si, eɖanye tso tsieƒe ke alo tso dziƒo ʋĩ o.


Aƒe kple kesinɔnuwo nye ɖomenyinu tso eme fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.


Eye ne eva me be, zi ɖi va to klẽtiawo dome nèse la, ekema wɔ kaba, elabena Yehowa dze ŋgɔwò, be wòasi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la!


Eye wogblɔ nɛ bena: Bia Mawu na mí kpɔ be, azɔli, si dzi miele la, adze edzi na mí hã?


eye meɖea kuku le nye gbedodoɖawo me ɖaasi, abe ɖe wòadze edzi nam nyuie azɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nu bena, mava mia gbɔ gbaɖegbe mahĩ?


Yoab gblɔ na Amasa bena: Nɔvinye, èli sesĩea? Tete Yoab tsɔ ɖusi lé Amasa ƒe ge, be yeaɖuɖɔ nu nɛ.


Ne egblɔ be, enyo la, ekema wò dɔla ŋu fa; ke ne edo dɔmedzoe la, ekema nyae be, eɖo vɔ̃ ɖe tame.


eye woaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã la, eya nanye nyɔnu, si Yehowa ɖo ɖi na nye aƒetɔ ƒe vi la!


Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to, eye ne dua me nyɔnuviwo va tsi du ge,


Ke esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge.


Eye wògblɔ bena: Amegã, anoe. Enumake wòdro ze la ɖi, eye wònae wono.


Esi wòɖi kɔ la, nyɔnuvi la gblɔ nɛ bena: Madui na wò kposɔwo hã, vaseɖe esime woaɖi kɔ na wo.


ekema na bena, nyɔnuvi, si ava tsi ɖu ge, eye magblɔ nɛ bena: Na tsi via ɖem mano,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite