Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 23:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “Amegã, ɖo to mí. Ènye fiavi ŋusẽtɔ aɖe le mía dome. Ɖi wò ame kukuwo ɖe míaƒe yɔdo nyuitɔwo me. Mía dometɔ aɖeke magbe eƒe yɔdo nana wò na wò ame kukuwo ɖiɖi o.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 23:6
19 Referans Kwoze  

Yehowa yra nye aƒetɔ wòkpɔ nu ŋutɔ, eye wòna alẽwo kple nyiwo, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiviwo, kpo-sɔwo kple tedziwoe.


Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.


Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woano ga me adze yowòme, eye woade ta agu na wò ahaƒo koko na wò be: Wò ɖeɖe ko gbɔe Mawu le, ɖeke megali o, mawu bubua ɖeke megali o.


Aron do ŋu bena: Nye aƒetɔ, megado dɔmedzoe o; wò ŋutɔ enye dukɔ sia bena, ame gbegblẽwo wonye.


Ga, si miekpɔ le miaƒe kotokuawo mele blia dzi la, míegatsɔ wo tso Kanaan-nyigba dzi vɛ na wò, aleke awɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe me mahã?


Alo menye eya me nye aƒetɔ noa nu lena, eye eya me wokpɔa nu lena dzea sii o mahã? Miewɔ busunu!


Woɖo ŋu ne bena: Gbeɖe, amegã, wò dɔlawo va nuɖuɖu ƒle ge boŋ.


Eye wogblɔna ŋgɔgbetɔ bena: Ne nɔvinye ava do go wò, eye woabia wò bena: Ameka vi nènye, afika nèyina, eye nusiwo le ŋgɔwò la, ameka tɔe mahã la,


Eye wògblɔ na fofoa bena: Nye aƒetɔ, megabi dzi be, nyemate ŋu atsi tre o, elabena mekpɔ dzinu! Eye wódii gadu, ke mekpɔ aklama kpakpɛawo o.


Eye wògblɔ bena: Amegã, anoe. Enumake wòdro ze la ɖi, eye wònae wono.


Le ɣemaɣi me la Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wogblɔ na Abraham bena: Mawu li kpli wò le nusianu, si nèwɔna la me.


Tete Sara ko nu ɖe dɔ me gblɔ bena: Esi metsi lé ayi ale la, ɖe nu agavivi nunyea? Eye ye aƒetɔ hã ku amegã ɖeɖi!


Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.


Tete wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, ne ènya ve nunye ko, elabena èfa akɔ nam, eye nèƒo nu kple wò, dɔlanyɔnu xɔlɔ̃tɔe, evɔ wònye nyemeɖe wò dɔlanyɔnuwo dometɔa ɖeke nu o hafi!


Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.


Eye Xitiviwo ɖo ŋu na Abraham bena:


Tete Abraham tsi tre, eye wobɔbɔ na anyigbadzitɔ, siwo nye Xitiviwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite