Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 23:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nye amegã, ɖo tom! Metsɔ agble lã kple kpeto, si le eme la, ke wò. Le nye dumetɔwo katã ŋku me metsɔe ke wò, ɖi wò ame kuku la ko!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 23:11
15 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na amesiwo le tsitre le egbɔ la bena: Mixɔ pounde la le esi, eye mitsɔe na amesi pounde ewo le esi!


Ke tamesusu vavãwo li na bubumewo, eye nu vavãwo dzi wolina ɖo.


Tete duametɔ, siwo katã le agboa nu kple ame tsitsiawo gblɔ bena: Míawoe nye ɖasefo! Yehowa nawɔ na nyɔnu, si le aƒewò me va ge la, abe Raxel kple Lea, nyɔnu, siwo kple eve ɖo Israel ƒe aƒe la tè dzi la ene! Wò alɔ nede dzi le Efrata, eye wò ŋkɔ nenyɔ le Betlexem!


Tete Boas gblɔ na ame tsitsiawo kple duametɔwo katã bena: Miawoe nye ɖasefo egbea be, mexɔ Elimelex ƒe nuwo katã kpakple Xilion kple Maxlon ƒe nuwo katã ƒle le Naomi si.


Eyata meɖo be, maka eta na wò bena: Xɔe ƒle le nyaselawo kple nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo ŋku me! Ne èbe, yeaxɔe la, xɔe; ke ne èbe, yemaxɔe o la, gblɔe nam, ne mase! Elabena srɔ̃ɖia bubua ɖeke megali kpe ɖe ŋuwò o, negbe nye koe gale yowòme. Eɖo ŋu bena: Maxɔe!


Eye Boas yi agbo nu hebɔbɔ nɔ afima. Eye kpɔ ɖa, srɔ̃ɖia, si ŋu Boas ƒo nu, le la, va yina, eye wògblɔ bena: Xɔ̃, va bɔbɔ nɔ afi! Eye wòyi ɖabɔbɔ nɔ anyi.


Ame ɖeka mekpɔ mɔ aɖi ɖase le amesi ke da vo alo wɔ nuvɔ̃ bubu ƒomevia ɖe la ŋu o, ke boŋ ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woaxɔ nya la.


Ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woawu amesi dze ku la, gake ame ɖeka maɖi ɖase woawui o.


Ne amea ɖe wu ame, eye ɖasefowo ɖi ɖase le eŋu la, eya ko hafi woawui, gake ɖasefo ɖeka ɖeɖe maɖi ɖase, eye woawui o.


zu Abraham tɔ le Xitiviawo kple amesiwo katã va dua me la ŋku me.


Amegã, se mía gbe! Mawu ƒe ame ɖoɖoa nenye le mia dome; ɖi wò ame kuku la ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe. Mía dometɔa ɖeke magbe bena, megaɖi wò ame kukua ɖe eƒe ameɖiƒe o.


Tete Abraham bɔbɔ na duametɔwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite