Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 22:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Tete Isak gblɔ na fofoa Abraham bena: Fofonye! Eɖo ŋu ne bena: Nye enye si, vinye! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dzo kple nake enye si, ke afika alẽ le miatsɔ ame nui?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Isak bia fofoa Abraham be, “Papa!” Eɖo eŋu nɛ bena “Nyee nye si, vinye!” Ke Isak bia be, “Nake kple dzosinu le mía si, ke afi ka agbo si míatsɔ asa vɔe ya le?”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 22:7
12 Referans Kwoze  

Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Tete Yesu gblɔ na Petro bena: Tsɔ yi la de aku; kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?


Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Migblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la katã bena: Le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la ŋutsu sia ŋutsu nalé alẽvi ɖeka; aƒe sia aƒe, si me aƒehánua le la, nalé alẽvi ɖeka.


Tete Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòtsɔ lã matsrimatsriwo kple xe matsrimatsriwo ƒe ɖewo na Yehowa hemè wo le vɔsamlekpui la dzi.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


eye esi wòkpɔ Yesu, si le tsa ɖim, dzi dũ la, egblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvie nye ekem.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Abraham xɔ edzi bena: Vinye, Mawu ŋutɔ aɖi alẽ miatsɔ amè nui. Eye wo kpakple eve wogayi ŋgɔ.


Eye nusiwo namè le vɔsamlekpuia dzi, wonye esi. Gbesiagbe name alẽvi eve, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite