Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 22:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be, “Abraham!” Etɔ nɛ be, “Nyee nye esi.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 22:1
24 Referans Kwoze  

Le xɔse me Abraham tso Isak na, esime wotee kpɔ, eye eya, amesi xɔ ŋugbedodo la, tso eƒe tenuvi na,


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


bena woakpɔ miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ be, exɔ asi geɖe wu sika, si gblẽna, wònye wodoe kpɔ kple dzo hafi hena kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple bubu le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la me;


Ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia na mía fofo Abraham, le esime wòtsɔ via Isak ɖo vɔsamlekpui dzi o mahã?


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


Sonu li de klosalo ŋu, eye kpo li ɖe sika ŋu; ke Yehowa doa dziwo kpɔna.


amesi tso mana, si mia kple fofowòwo mienyã o la, nyro wò le gbeadzi, ne woabɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòado wò akpɔ, be wòava wo nu nyui na wò emegbe la be o.


Ke esi Yehowa kpɔ bena, ele tetem ta, be yeakpɔe ɖa la, Mawu yɔe tso ŋuve la me bena: Mose, Mose! Eɖo ŋu bena: Nyee nye si!


Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si!


Tete Isak gblɔ na fofoa Abraham bena: Fofonye! Eɖo ŋu ne bena: Nye enye si, vinye! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dzo kple nake enye si, ke afika alẽ le miatsɔ ame nui?


Tete mese Aƒetɔ la ƒe gbe wògblɔ bena: Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí? Tete megblɔ bena: Nyee nye esi, dɔm!


Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, mana abolo nadza atso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu, bena mado wo akpɔ be, woazɔ de nye seawo nu loo, alo womazɔ ɖe enu o.


eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la,


ne matsɔ wo ado Israel akpɔ be, wòalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋu, eye woazɔ edzi abe wo fofowo ene loo, alo womalé ŋku ɖe eŋu o.


Eye Yehowa gado dɔmedzoe ɖe Israel ŋuti, eye wòdɔ Dawid ɖe wo ŋu gblɔ bena: Yi ɖaxlẽ Israel kple Yuda!


Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Ke nya la medze Abraham ŋu o le viaŋutsu la ta.


Israel gblɔ na Yosef bena: Nɔviwòwo le alẽwo kplɔm le Sixem, va madɔ wò ɖe wo gbɔ. Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Tete Mawu ɖe eɖokui fia Israel le drɔ̃eƒe gblɔ bena: Yakob, Yakob! Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Tete Yehowa yɔ Samuel, eye wòtɔ gblɔ bena Nyee nye si!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite