Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye ɖevi la tsi, eye wòɖi no, eye gbesigbe Isak ɖi no la, Abraham ɖo kplɔ̃ gãa ɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ɖevi la tsi, eye wotso no nɛ. Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:8
16 Referans Kwoze  

Ke Xana ya meyi o, elabena egblɔ na srɔ̃ bena: Ne ɖevi la ɖi no la, ekema makplɔe ayii, be wòado ɖe Yehowa ŋku me, eye woatsi afima ɖaa.


Esi Amemalɔ̃e ɖi no nu la, egafɔ fu dzi ŋutsuvi.


Nyateƒe, mefa akɔ na nye luʋɔ eye mene wòɖo ho to, abe alesi ɖevi, si woɖe le no nu, nɔa dada gbɔe ene; nye luʋɔ le menye abe ɖevi, si woɖe le no nu ene.


Ke esi Salomo nyo la, ekpa bena, drɔ̃e wònye. Tete wòyi Yerusalem ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã.


Esi Abner kple ŋutsu blave, siwo kpe ɖe eŋu, va Dawid gbɔ le Xebron la, Dawid wɔ amedzro na Abner kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ɖu eƒe dzigbe, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe dɔlawo katã, eye wòɖe ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã le gaxɔa me le eƒe dɔlawo katã ƒe ŋku me.


Tete Laban kpe dua me ŋutsuwo katã, eye wòɖo kplɔ̃ na wo.


Emegbe eɖo kplɔ̃ na wo, woɖu nu, eye wono nu.


Eye esi wòƒoe ɖe wo nu ʋuu la, wòtrɔ va dze eƒe me. Eye wòto tatali heɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.


etu aglo na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo le eƒe ftaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me, eye Persia-ʋakɔwo kple Media-ʋakɔwo, bubumewo kple anyigbawo ɖzikpɔlawo le eŋku me;


Esi Abigail va Nabal gbɔ la, kpɔ ɖa, etu aglo ɖe eƒe me, abe alesi fia tua agloe ene, eye Nabal kpɔ dzidzɔ hemu aha wòtso me; ke megblɔ nya sue alo geɖe nɛ, vaseɖe esime ŋu ke o.


Eye Simson gblɔ na wo bena: Mato adzo na mi; ne mieɖe egɔme nam le aglotutuŋkeke adreawo me la, ekema matso awutewui blaetɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu blaetɔ̃ na mi.


Eye fofoa va nyɔnua gbɔ. Tete Simson tu aglo le afima, elabena nenema ɖekakpuiviwo wɔna.


Eye wògblɔ bena: Ameka susu le Abraham ŋuti bena, Sara ana no viwò mahã? Elabena medzi ŋutsuvi nɛ le eƒe amegãkuku me.


Ke esi Sara kpo bena, Egipte-nyɔnua Hagar ƒe vi, si wòdzi na Abraham, lɔ̃a gaflumuwɔwɔ la,


Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite