Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Sara gblɔ bena: Mawu do nukokoe nam, eye amesiame, si asee la, ako nu le ŋutinye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Tete Sara gblɔ be, “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:6
17 Referans Kwoze  

Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo.


Tete nukoko yɔ míaƒe nume fũ, míaƒe aɖe tso aseye, eye wogblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa wɔ nu gã na woamawo.


Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?


Eye esi eƒe aƒelikawo kple eƒe ƒometɔwo se bena, Aƒetɔ kpɔ nublanui geɖe nɛ la, wokpɔ dzidzɔ kpakplii.


Eye wòanye dzidzɔ kple aseyetsotso na wò, eye ame geɖewo adzo dzi le eƒe dzidzi ŋuti.


Eye àgblɔ le wò dzi me be: Woɖe vi le ŋunye, eye metsi ko, wode aboyom, eye wonyãm de gbe tso, ameka dzi esiawo nam? Ameka nyi wo wotsi? Kpɔ ɖa, nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, afika woawo ya no?


amesi na konɔ la nɔa aƒe me, ne wòakpɔ dzidzɔ ahe vidada ene. Mikafu Yehowa!


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Le xɔse me Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.


Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa.


Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzie be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!


Aɖi ŋutsu, si he dzidzɔnya vɛ na fofonye be, wodzi ŋutsuvi ne, eye wòdo dzidzɔ nɛ ŋutɔ la ŋu kpekpekpe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite