Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye esi wòbia nu le Beer-Seba la, Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wodze mɔ gatrɔ yi ɖe Filistitowo ƒe anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:32
12 Referans Kwoze  

Eye Yonatan kple Dawid wòbia nu, elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Ke esi Israel-viwo gawɔ nusi medze Yehowa ŋu o la. Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blane sɔŋ.


Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte.


Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam.


Eye wòkpɔ alẽhawo kple nyihawo hekpe ɖe kluvi geɖewo ŋuti, ale bena Filistitowo ʋã ŋui.


Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.


Tete Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Abimelex, eye wo kple eve wòbia nu.


Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram.


Patrusitɔwo, Kasluxitɔwo, amesiwo dome Filistitɔwo dzɔ tso, kple Kaftoritɔwo.


Eyata woyɔ teƒe ma bena: Beer-Seba, elabena afima wo ame eve la woka atam na wo nɔewo le.


Eye Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòyɔ Yehowa Mawu, si le agbe tegbee la ƒe ŋkɔ dzi le afima.


Na míabla nu kple mía nɔewo, eye esia anye ɖase le mia kpli wò dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite