Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Azɔ ka atam le Mawu ƒe ŋku me le afisia be, nagable nye ŋutɔ, vinyewo kple nye dzidzimeviwo o! Abe alesi meve nu wòe ene la, nenema ke wò hã nawɔ nam kple anyigba, si dzi nènye amedzro le la!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:23
19 Referans Kwoze  

Eyata azɔ mita Yehowa nam, eye alesi meve mía nui la,; nenema ke miawo hã miave nye ƒome nui, eye mina dzesim ɖe dzi,


Tete Abimelex tso alẽwo, nyiwo, kluviwo kple kosiviwo na Abraham, eye wògagbugbɔ srɔ̃a Sara hã nɛ.


Amewo taa amesiwo lolo gawu, eye nutata enye kpeɖoɖodzi hena woƒe nyaʋiʋli katã ƒe nuwuwu.


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Eye ne èta Yehowa ƒe agbe le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me, eye ɖe eteƒe la, ekema dukɔwo atso wò ayra wo ɖokui, eye woatso wò aƒo adegbee!


Eye Dawid gblɔ nɛ bena: Màkplɔm ayi adzoha siawo gbɔe oa? Eɖo ŋu bena: Ta Mawu nam be, màwum o, eye màtsɔm ade asi na nye aƒetɔ o, ekema makplɔ wò ayi adzoha siawo gbɔe!


Eye Yonatan gblɔ na Dawid bena: Yi le ŋutifafa me; nusi dzi mía ame eve míeka atam ɖo le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi bena, Yehowa nanɔ mía kple wò, nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome la, nanɔ anyi tegbee!


Eye Yonatan gaka atam na Dawid de dɔla, si wotsɔ lɔ̃e la dzi; elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ dokui ene.


ekema Yehowa nafia Yonatan agafiae ɖe dzi! Ne fofonye ɖo vɔ̃ ɖe ŋuwò kplikpaa la, ekema mava gblɔe ɖe to me na wò, eye mado mɔ wò nayi le ŋutifafa me. Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple fofonye tsã ene!


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.


Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam.


Na míabla nu kple mía nɔewo, eye esia anye ɖase le mia kpli wò dome.


Wogblɔ nɛ bena: Míekpɔ dze sii keŋ bena, Yehowa li kpli wò; eyata míegblɔ be, anyo be, míaka atam na mía nɔewo, eye míabla nu kpli wò,


eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Eye Abraham gblɔ bena: Melɔ̃, maka atam la.


Eye wògblɔ bena: Ka atam! Eye wòka atam nɛ. Tete Yakob gadze ŋe ɖe eƒe abati la dzi.


Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite