20 Eye Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi, eye wònɔ gbe dzi hezu aŋutrɔdala.
20 Mawu nɔ kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala.
Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.
Ke Yehowa nɔ kple Yosef, eye wòna gaxɔdzikpɔla ƒe dzime kɔ ɖe eŋu, eye wòve enu.
Awɔ nu abe lu ene, akɔ asi dzi ɖe amesiame ŋu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe eya hã ŋu, eye wòatigi nɔvia wo katã ɖo.
Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu le gbɔgbɔ la me; eye wòle gbedzi vaseɖe eɖeɖefia Israel ŋkeke dzi.
Eye Yehowa ƒe ɖɔla ɖo ɖe edzi gblɔ nɛ bena: Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!
Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a gbe me nɔnɔ; ke Yakob enye ame fafa, eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ.
Ke le Ismael to gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayrae, eye mana wòadzi, eye wòasɔ gbɔ ɖe dzi. Adzi fia wuieve, eye mawɔe wòazu dukɔ gãa ɖe.
Ame sia enye adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wogblɔna bena: Adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me abe Nimrod ene.
Eyata tsɔ wò adedanuwo, ɖaku kple da, eye nayi gbe me aɖawu lãa ɖe vɛ nam!
Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu, eye nunya yɔe fũ, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi?