Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye wòyi ɖabɔbɔ na ɖevi la kasa le adzɔge boo, wo dome didi abe aŋutrɔ ƒe duɖiɖi me ene; elabena egblɔ bena: Nyemate ŋu akpa ɖevi la ƒe kuƒe o. Eyata wòyi ɖabɔbɔ no adzɔge boo ɖo; tete ɖevi la de asi avifafa me sesĩe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, “Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o,” eye wòde asi avifafa me hehehe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:16
16 Referans Kwoze  

Ɖe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzie be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!


Elabena aleke mate ŋu, akpɔ dzɔgbevɔ̃e, si ava nye dukɔ dzi la kple ŋku, eye aleke mate ŋu akpɔ, alesi wole nye ƒɔmetɔwo tsrɔ̃mi la kple ŋku?


Tete nyɔnu, si ƒe vi nye agbagbea, gblɔ na fia la bena: Taflatse aƒetɔ, mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ, eye migaxawui o! Elabena eƒe dɔ me trɔ ɖe via ŋu. Ke ekemea gblɔ bena: Menye tɔnye o, eye maganye eya hã tɔ o, mife eme ko!


Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Tete Dawid kple aʋakɔ, si le eŋu la, fa avi kple ɣli, vaseɖe esime avi meganya le fafam na wo o.


Yehowa nanye ʋɔnudrɔ̃la, eye woadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, akpɔ nya me, eye woaxɔ nya ɖe nunye atso afia nam ɖe ŋuwò!


Yehowa ana miakpɔ dzudzɔ le mia srɔ̃wo ƒe me! Eye wòɖuɖɔ nu na wo; tete wofa avisesĩe


Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ nya siawo na Israel-viwo katã la, tete dukɔ la fa avi hoo;


Aleke wɔ mayi fofonye gbɔ, ne ɖevi la mele ŋunye oa? Nyemagate ŋu akpɔ fofonye ƒe konyifaƒe o.


Emegbe la Yakob ɖuɖɔ nu na Raxel, eye wòɖe asi avifafa me.


Esau xɔ edzi na fofoa bena: Alo yayra sia ɖeka koe le asiwòa, fofonye? Yra nye hã, fofonye! Eye Esau gbã avi doo.


Esi lãgbalẽgolo me tsi la vɔ la, etsɔ ɖevi la yi ɖamlɔ ati dodoea ɖe te,


Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi, ta akpanya, eye na ƒo togotogoe le dzowɔ me; xa nu le tenuvi la ŋu, eye nata konyi vevie; elabena nugblẽla le ƒoƒo ge ɖe mía dzi kpoyi.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiewo woazu nuxaxa kple miaƒe hawokatã woazu konyifaha, made akpanya aliwo katã, eye tawo katã nazu ta kokoe, mana wòanɔ, abe alesi wofaa konyi na tenuvi ene, eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃e ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite