Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:14
28 Referans Kwoze  

Ke kluvi menɔa aƒe me ɖaa o, aƒevi la nɔa anyi ɖaa.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Amesi yra ehavi ŋdi kanya asi madetsimee kple ɣli la, woabui fiƒoɖe nɛ.


Mewɔ kaba, be malé ŋku ɖe wò seawo ŋn, eye nyemalala o.


Wotre mɔ le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi mɔ mele o; eye womekpɔ du, si me woanɔ o.


Tete wòvɔ̃, eye wòtso dze mo yi Beer-Seba, si nye Yuda to la, le eƒe agbe ta, eye wògblẽ eƒe ɖekakpui ɖe afima.


Esi ŋu ke la, woka atam na wo nɔewo, eye Isak do mɔ wo, eye wodzo le egbɔ le ŋutifafa me.


Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me.


Eyata woyɔ teƒe ma bena: Beer-Seba, elabena afima wo ame eve la woka atam na wo nɔewo le.


Ke Yehowa ƒe dɔla kpɔe le tsivudoa ɖe, si le gbe dzi le Sur-mɔ dzi la to.


Elabena Xesbon-gblewo yrɔ, Sibma ƒe weinka, si ƒe tsetse nyuitɔwo ƒo dukɔwo ƒe amegãwo ƒu anyi, eye wode Yaezer ke heva bu ɖe gbegbe, eƒe alɔwo vu gbɔ atsiaƒu la!


Eye Israel dze mo kple eƒemetɔwo katã, eye esi wòɖo Berseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu la.


Ke esi wòtra mɔ le gbedzi la, ŋutsua ɖe kpɔe, eye wòbiae bena: Nuka dim nèle?


Eye wòna ŋkɔe be Siba, eyata du la ƒe ŋkɔ nye Beer-Seba vaseɖe egbegbe.


Esia megbe la eya kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, woɖu nu, eye wono nu, eye wotsi dɔ. Ke esi wofɔ ŋdi la, egblɔ bena: Mido mɔm, ne mayi nye aƒetɔ gbɔ!


Emegbe Abraham gatrɔ va eƒe dɔlawo gbɔ, eye wodze mɔ yi Beer-Seba, eye Abraham nɔ Beer-Seba.


Tete Abraham tɔ ŋdi kanya, bia akpa na eƒe tedzi, eye wòkplɔ dɔla eve kple via Isak ɖe asi, eye esi wòdze nake ɖe numemea ŋu la, edze mɔ yi teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la.


Eye Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòyɔ Yehowa Mawu, si le agbe tegbee la ƒe ŋkɔ dzi le afima.


Eye Abraham fɔ ŋdi kanya yi ɖe teƒe, si wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe ŋku me le tsã la.


Ke mana dukɔ nadzo tso kosi la ƒe vi hã me, elabena viwoe.


Esi lãgbalẽgolo me tsi la vɔ la, etsɔ ɖevi la yi ɖamlɔ ati dodoea ɖe te,


Ŋutsu, si si tso wo de la, le abe xevi, si si tso eƒe atɔ me ene.


Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi.


Tete Yosua kple Israel-viwo katã fɔ ŋdi kanya, eye woho tso Sitim heva Yordan nu, eye wotsi afima dɔ, hafi woava tso tɔ la.


Eye Samuel fɔ ŋdi kanya, be yeayi aɖakpe Saul. Eye wogblɔ na Samuel bena: Saul va Karmel, eye wòli ŋkuɖodzinu ɖe afima, emegbe wòtrɔ yi Gilgal.


Tete fia Xizkiya fɔ ŋdi kanya, eye wòƒo dumegãwo nu ƒu heyi Yehowa ƒe aƒe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite