Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 21:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 egblɔ na Abraham bena: Nyã kosi sia kple via ɖa; elabena kosi sia ƒe vi mate ŋu anyi dome kple vinye Isak o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 egblɔ na Abraham be, “Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi wò dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 21:10
17 Referans Kwoze  

Ke kluvi menɔa aƒe me ɖaa o, aƒevi la nɔa anyi ɖaa.


Mia dome wodo tso; gake womenye mía dometɔwo o; elabena ɖe wònye mía dometɔwo wonye la, anye ne woanɔ mía gbɔ ɖaa; ke ɖe wodo, bene woaɖe wo afia bena, menye wo katãe nye mía dometɔwo o.


hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mi,


Eyata meganye kluvi o, ke boŋ vi nènye; ke ne ènye vi la, ekema Mawu ƒe domenyila hã nenye le Kristo me.


Elabena nenye se la mee domenyinyi la tso la, ekema metso ŋugbedodo la me o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsoe ke Abraham.


Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Esia nye Abraham vi Isak ƒe dzidzimeŋutinya: Abraham ye dzi Isak.


Ke Abraham na nu srɔ̃ bubuawo ƒe viwo heɖe wo ɖa le Isak ŋu, eye wòɖo wo ɖe ɣedzeƒenyigba dzi le eya ŋutɔ ƒe agbenɔɣi me.


Eye Abraham do asi ɖa tsɔ hɛ, be yeawu via.


Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.


Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi.


Eye Gilead srɔ̃ dzi viwo nɛ, eye esi srɔ̃ ƒe viwo tsi la, wonyã Yefta gblɔ nɛ bena: Wòa mànyi dome le mía fofo ƒe me o, elabena nyɔnu bubu vi nènye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite