Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 20:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke le zã me la Mawu va Abimelex gbɔ le ɖrɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, àku kokoko le nyɔnu, si nèxɔ la ta, elabena ame srɔ̃e.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke le zã ma me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelek le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be, “Èle kuku ge godoo, elabena nyɔnu si wokplɔ vɛ na wò la, ame srɔ̃e.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 20:3
22 Referans Kwoze  

Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta.


Azɔ gagbugbɔ nyɔnu la na srɔ̃a, elabena nyagblɔɖila wònye, eye wòaɖe kuku ɖe tawo, be natsi agbe. Ke ne meɖe asi le eŋu o la, ekema nyae bena, mia kple aƒewòmetɔwo katã miaku.


mana amea ɖeke te wo ɖe anyi o, eye wòhe to na fiawo le wo ta.


Le drɔ̃ekuku kple zã me ŋu-tega me, ne amewo yi alɔ̃ me, eye wole alɔ̃ dɔm le aba dzi la,


Ke esi wòle nu siawo ŋuti bum la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ bena: Yosef, Dawid vi, megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso.


Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim.


Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!


Woɖo eŋu nɛ bena: Míeku drɔ̃e, gake amesi aɖe egɔme, meli o. Tete Yosef gblɔ na wo bena: Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu fɔe oa? Gake milii nam ko!


Gbe ɖeka egaku drɔ̃e bubu, eye woli eya hã na nɔviawo bena: Megaku drɔ̃e be, ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.


Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo; tso ekema dzi la wogale fui ɖe dzi.


Eye Mawu va Laban, Aramtɔ la gbɔ le zã me drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖokuiwò dzi, be nagaƒo nu yɔa ɖeke kple Yakob o.


Ke Yehowa ɖe fu geɖe na Farao kple eƒe aƒe katã le Sarai, Abram srɔ̃ ŋuti.


Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã?


Eye Mawu va Bileam gbɔ gblɔ bena: Ŋutsu kawo nye siawo le gbɔwò?


mena amea ɖeke te wò ɖe anyi o, eye woawo ta wòhe to na fiawo ɖo.


Gbe ɖeka ƒe zã Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola, siwo le gaxɔ me la, woku drɔ̃e wo tɔ wo tɔwoe, eye drɔ̃eawo gɔme le vovovo.


Tete Mawu ɖe eɖokui fia Israel le drɔ̃eƒe gblɔ bena: Yakob, Yakob! Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


ne woate amegbetɔ da le eƒe nuwɔwɔ ŋu, eye wòaɖe dàdaa le ŋutsu la me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite