Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 20:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Abraham gblɔ le srɔ̃a Sara ŋuti bena, ye nɔvinyɔnue; eyata Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ na ye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara! Gerar fia Abimelek na wokplɔ Sara vɛ nɛ le eƒe fiasã me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 20:2
17 Referans Kwoze  

Eye esi Farao ŋumewo kpɔe la, wokafui na Farao, eye wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe me.


Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.


migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Elabena ame dzɔdzɔe dzea enyi zi adre, eye wògafɔna; ke ame vɔ̃ɖiwo dzea dzɔgbevɔ̃e me.


Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.


Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wogblɔ na fia Yosafat bena: Ame vlo ŋu nèyi ɖakpe ɖoa, eye nèlɔ amesi lé fu Yehowa a? Le esia ta Yehowa ƒe dɔmedzoe va dziwò ɖo.


Eye Abimelex gblɔ na Isak bena: Dzo le mía gbɔ, elabena ekpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi akpa!


Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.


Evɔ, nyateƒe, nɔvinyenyɔnue; elabena fofonye vie, gake menye danye vie o, eye meɖee.


Ke Eliezer, Dodawa vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi na Yosafat bena: Esi nebla nu kple Axazya la, eyata Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔ me na wo Tete ʋuawo gbã, eye womete ŋu de Tarsis o.


Le ɣemaɣi me la Abimelex kple eƒe aʋafia Pixol wogblɔ na Abraham bena: Mawu li kpli wò le nusianu, si nèwɔna la me.


Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Alea ke wòanɔ na amesi de ehavisrɔ̃ gbɔe; amesiame, si de asi eŋu la, metsi to mahemahe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite