Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 20:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Abraham ɖo eŋu be, “Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Eme kɔ ƒãa be Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele afi sia o, eye woawum ɖe srɔ̃nye ta.’

Gade chapit la Kopi




1 Mose 20:11
16 Referans Kwoze  

Lɔlɔ̃ kple nyateƒe wotsɔna léa avu vodada, eye Yehowa-vɔvɔ̃ wotsɔna tsria vɔ̃e.


ekema ãse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.


Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.


Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.


Ne Egiptetɔwo akpɔ wò la, ekema woagblɔ bena, srɔ̃e sia, eye woawum; ke woana wòa natsi agbe.


hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.


Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.


Mawuvɔvɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na wo o.“


Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa?


Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Eye Abimelex gagblɔ na Abraham bena: Nukae nèɖo ɖe ŋunye, hafi wɔ nu sia?


Evɔ, nyateƒe, nɔvinyenyɔnue; elabena fofonye vie, gake menye danye vie o, eye meɖee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite