Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Esia megbe la, Yehowa Mawu wɔ abɔ aɖe ɖe Eden le ɣedzeƒe lɔƒo, eye wòtsɔ ame si wòwɔ la da ɖe abɔ la me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 2:8
12 Referans Kwoze  

Ena Mawu ƒe abɔ Eden me, eye wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo ŋuwò. Karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; sika wotsɔ ɖo to na wò, eyae wotso do atsiã na wò le gbesigbe wowɔ wò.


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o.


Elabena Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe aba ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.


Ɖe dukɔ, siwo fofonyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezef kple Eden-viwo, siwo le Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa?


Eye Kain dzo le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.


Eƒe anyidzedze ƒe ɖiɖi na dukɔwo dzo nyanyanya esi mena wòyi tsieƒe kpe ɖe aʋli me yilawo ŋu; eye Eden-tiwo katã, Libanon ƒe ati tiatia nyuitɔwo, siwo katã nye tsinolawo, fa akɔ na wo ɖokui le tsieƒe.


Azɔ Eden-tiwo dometɔ ka nèsɔ kpli le atsyɔ̃ kple lolo gome? Ke woatsɔ wò aƒu tsieƒe akpe ɖe Eden-tiwo ŋu; bolotɔwo dome namlɔ le amesiwo woda yii la gbɔ. Farao kple eƒe ame gbogboawo katã nye esia, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Xaran, Kane, Eden kple asitsalawo tso Saba, Asur kple Media blibo la tsa asi kpli wò.


Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite