Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi me amegbetɔ, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔtime, eye wòzu luʋɔ gbagbe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 2:7
33 Referans Kwoze  

Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe.


Mawu ƒe gbɔgbɔe wɔm, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe gbɔgbɔe gbɔ agbem.


hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye!


eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame,


Ame gbãtɔ, si tso anyigba me la, enye anyigbadzitɔ, ame evelia enye Aƒetɔ si tso dziƒo la.


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


ŋkeke alesi nye gbɔgbɔ le menye, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ le ŋɔti me nam la,


Nusianu, si agbegbɔgbɔ le eme, si gbɔna toa ŋɔti me, eye wonɔa agbe le anyigba ƒuƒui dzi la ku.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye.


Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?


Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Yehowa ƒe akaɖi enye amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ, edzroa dɔme ƒe gogloaƒewo.


Kpɔ da, Mawu tae menye abe wò ke ene, eye tsue woka me nye hãe.


Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.


Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;


Eye esi wògblɔ esia la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ na wo bena: Mixɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe!


ʋuu kekeke wòahayi anyixɔ me nɔlawo nye ge, amesiwo dzɔ tso anyi me, eye wolilia afɔ wo dzi abe agbagblaʋuiwo ene.


Yehowa, si nye gbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me, ƒe Mawu la, natia ŋutsua ɖe aɖo ha la nu,


nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;


Elabena womè Adam gbã, emegbe la Xawa?


Eye afu do tso anyigba dzi, eye wònyɔ ɖe anyigba la katã ƒe ŋku me.


Míaƒe agbegbɔgbɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la, ge ɖe woƒe ʋe me; eya amesi ŋu míegblɔ le be: Míanɔ agbe le eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome la.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na ƒu siawo enye si: Made gbɔgbɔ mia me, ne miagbɔ agbe.


Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.


Made lãmeka mia ŋu, eye mana lã naɖo mia ŋu; mafa agbalẽ ɖe mia ŋu, eye made gbɔgbɔ mia me, be miagbɔ agbe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite