Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Do ŋgɔ la, atiwo kple gbewo memie ɖe anyigba dzi haɖe o, elabena Yehowa Mawu meɖo tsidzadza ɖa haɖe o, eye ame aɖeke hã menɔ anyi ade agble ɖe anyigba la dzi o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 2:5
15 Referans Kwoze  

Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Elabena anyigba, si noa tsi, si dzana ɖe edzi agbadre, eye wòmiea amagbe, si nyo na amesiwo ŋlɔe la, xea yayra tsoa Mawu gbɔ;


amesi naa tsidzadza anyigba, eye woɖoa tsi ɖe lãnyiƒewo.


Ne eŋlɔ anyigba la, megale nu ʋẽ ge na wò o; tsatsala kple godzela nanye le anyigba dzi!


Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Eya, amesi nana alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu, ewɔa dzikedzo, ne dzi le wuwum, eye wòkplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒe;


Enana gbe miena na lãwo kple agblemenuwo na amegbetɔwo ƒe ŋudɔwɔwɔ, ne woaɖe nuɖuɖu atso anyigba me.


bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.


Eye afu do tso anyigba dzi, eye wònyɔ ɖe anyigba la katã ƒe ŋku me.


Eyae nye amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, etsɔ eƒe nunya ɖo xexeame te, eye wotsɔ eƒe sidzedze keke dziƒo me.


Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana alũ hona yia dzi le anyigba ƒe mlɔenu: ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite