Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 2:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi wòdzudzɔ xexea me wɔwɔ le.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 2:3
22 Referans Kwoze  

Ŋkeke ade miawo ɖo, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe blibo kple takpegbe kɔkɔe; miawɔ dɔa ɖeke o, elabena dzudzɔgbe wònye na Yehowa le mia nɔƒewo katã.


Eye wògblɔ na wo bena: Wowɔ Sabat le ame ta, eye menye ame le Sabat ta o;


Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu.


Eye wogbugbɔ yi ɖadzra atike ʋeʋẽe kple ami ɖo. Ke wodzudzɔ le Sabat dzi le se la nu.


Ŋkeke ade nawɔ da, ke nadzudzɔ le ŋkeke adreagbe; eɖanye agbleŋlɔɣi alo nuŋeɣi o, dzudzɔ ɖokuiwò.


Ena wonya wò dzudzɔgbe kɔkɔe la, eye nègblɔ sewo, ɖoɖowo kple nufiamewo na wo towò dɔla Mose dzi.


Ŋkeke aɖe nawɔ wò dɔwo, ke naƒo ŋkeke adrelia ade eme, bena wò nyi kple wò tedzi nadzudzɔ, eye wò kosi ƒe ŋutsuvi kple amedzro nagbɔ ɖe eme.


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me.


Esia nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi, si me Yehowa Mawu wo anyigba kple dziƒo.


Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite