Tete ŋutsu, si nye aƒeatɔ la, ɖo yi wo gbɔ gblɔ na wo bena: Oo, nɔvinyewo, migawɔ nu vlo sia o! Esi wònye aƒenye me ŋutsu sia va dze la, eyata migawɔ nu baɖa sia o!
Míkpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esiata wova dze gbɔnye ɖo.