Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete wodo ɣli yɔ Lot gblɔ bena: Afika ŋutsu, siwo va gbɔwò egbe fiẽ la le? Kplɔ wo do go va mía gbɔe, ne míanya wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 eye woɖe gbe na Lot be, “Kplɔ ŋutsu mawo vɛ na mí be míadɔ kpli wo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:5
23 Referans Kwoze  

Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.


Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye.


kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti


Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo,


Samaria mewɔ wò nuvɔ̃wo ƒe afã o, eye ewo ŋunyɔnu wui; ale nètsɔ wò ŋunyɔnu, siwo katã nèwɔ la, tso afia na nɔviwònyɔnuwo.


Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.


Kpɔ ɖa, nɔviwònyɔnu Sodom ƒe vodada enye: Dàda kple nuɖuɖu fũ, eye eya kple nɔvianyɔnuwo nɔ agbe vivi bɔkɔɔ; ke mekpe ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.


Ne ŋukpe lé wo, le esi wowɔ ŋunyɔnu ta hã la, woƒe mo metsia dã o, eye womenyaa nukae nye ŋukpe o. Eyata woatsi ame tsiaʋawo dome, eye wòadze anyi le ɣeyiɣi, si mahe to na wo, Yehowa ye gblɔe!


Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe.


Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Ne ŋutsua ɖe do ŋutsu gbɔ, abe alesi wodɔa nyɔnu gbɔe ene la, ekema woa kple eve wowɔ ŋunyɔnu; ele be, woawu wo, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe.


Eye ame geɖewo adze woƒe hadzenuwɔwɔwo yome, amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti ɖo,


eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; —


Eye Lot do go yi wo gbɔ le agbo la godo, eye wòtu ʋɔ ɖewo nu.


Ke boŋ woatsi gbɔwò le wò duwo dometɔ ɖeka, si dze eŋu wotia la me, eye megatee ɖe anyi o.


Matrewɔlawo hã le anyigba la dzi, eye wokpɔ dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋku me la, ƒe ŋunyɔnuwo katã wɔ.


Yosafat ŋutinya susɔea, eƒe kalẽ, si wòwɔ kple aʋa, si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe Yuda-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Woda, eye wowɔ ŋunyɔnu le ŋkunye me, eye esi mekpɔe ko la, meɖe wo ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite