Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke esi womekpɔ mia anyi haɖe o la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo, keke dua ƒe mlɔenutɔwo ke hã va, eye woɖe to ɖe aƒe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:4
12 Referans Kwoze  

Ke Sodomtɔwo nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti.


Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o, eye megade ame geɖewo dzi le dzrenya me ate nya dzɔdzɔe la ɖe to o.


Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa.


Woƒe afɔwo ɖe abla, be woakɔ ʋu ɖe anyi,


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, alesi wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea! Ke nuka miawɔ, ne eƒe nuwuwu la va ɖo?


dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu,


Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la li Mose kple Aron ŋu le gbea dzi,


Ke esi woƒe dzi gbo ɖe me la, tete duametɔwo, siwo nye ame vlowo la, va ɖe to ɖe aƒe la hele agbo la ƒom, eye wogblɔ na ame tsitsi, si nye aƒeatɔ, bena: Kplɔ ŋutsu, si va dze aƒewò me la ɖoe, ne míanyãe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite