Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye tsitsiwo dzi ŋutsuvi, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ bena Moab; eya nye egbegbe Moabitɔwo tɔgbui.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Nyɔnuvi tsitsitɔ dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Moab; eyae nye Moab dukɔa tɔgbui.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:37
14 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ nam bena: Megadze Moabitɔwo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ woƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔ Ar na Lot-viwo, be wòanye wo tɔ.


Eye mexɔ Moab-nyɔnu Rut, Maxlon srɔ̃, hã wòzu srɔ̃nye, be ame kuku la ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu, ne ame kuku la ŋkɔ magatsrɔ̃ le noviawo kple wo dedu me o! Miawoe nye ɖasefowo egbe!


Ahasivia ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o; kekeke eƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.


eye nèle tete ge ɖe Amon-viwo ŋu, megadze wo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ Amon-viwo ƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔe na Lot-viwo, ne wòanye wo tɔ.


Baba na wo, Moab! Wo, Kemos-dukɔ, ebu! Ena viaŋutsuwo si, eye wona Amoritɔwo ƒe fia Sixon ɖe aboyo vianyɔnuwo.


Ale wɔ Lot ɖo fu vianyɔnu eveawo.


Azɔ Israel-fiaɖuƒe la su Saul si, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã: Moabitɔwo, Amon-viwo, Edomtɔwo kple Zoba-fiawo kpakple Filistitɔwo godoo va kpe, eye afisiafi, si wòɖo la, eɖua dzi.


Asur hã ɖe wo dzi, woawoe nye Lot-viwo ƒe alɔ. Sela.


Mese Moab ƒe alɔmeɖeɖe kple Amon-viwo ƒe vloɖoɖo, wo amesiwo ɖe alɔme le nye ɖukɔ ŋu, eye woka ɖe eƒe anyigba ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite