Samuel gblɔ bena: Alesi wò yi ɖe viwo le nyɔnuwo ŋu la, nenema ke woaɖe viwo le dawò ŋu le nyɔnuwo dome! Eye Samuel dza Agag le Yehowa ŋku me le Gilgal.
Míkpɔ ɖa, vinyenyɔnu eve li, amesiwo medo ŋutsu gbɔ kpɔ o, makplɔ wo vɛ na mi, ne miawɔ nusi mielɔ̃ la, ɖe wo ŋu faa; ɖeko migawɔ nu baɖa ɖe ŋutsu siawo ŋu o, elabena esiata wova dze gbɔnye ɖo.
Tete Yehowa gblɔ nam bena: Megadze Moabitɔwo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ woƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔ Ar na Lot-viwo, be wòanye wo tɔ.