Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye esi wòƒoe ɖe wo nu ʋuu la, wòtrɔ va dze eƒe me. Eye wòto tatali heɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke Lot ƒoe ɖe wo nu va se ɖe esime woyi eƒe aƒe me, eye wòɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo kple abolo si wowɔ teti kple amɔ maʋamaʋã. Esi woɖu nu vɔ,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:3
18 Referans Kwoze  

Nyivi damia ɖe le nyɔnu la si le aƒea me, eye wòɖe abla hetsoe, eye woku wɔ blu hetɔ tatali maʋamaʋã.


Tete Gideon yi ɖawu gbɔ̃tsuvi ɖeka, eye wotsɔ wɔ eta ɖeka tɔ tatali maʋamaʋã; efɔ lã la ɖe golo me, eye woku detsitsi la de kutu me hetsɔ va egbɔ le logoti la te, eye wòtsɔe ɖo ekɔme.


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Eyata mina míaɖu ŋutitotoŋkekenyuie, menye le amɔwɔ ʋaʋã xoxo me o, eye menye le vɔ̃ɖiwɔwɔ kple nu tovo wɔwɔ ƒe amɔwɔ ʋaʋã me o, hafi le dzadzɛnyenye kple nyateƒe ƒe amɔwɔ maʋãmaʋã la me boŋ.


Eye wotsɔ amɔwɔ, si wotsɔ tso Egipte la, ƒo akaklãe, ke meʋã o, elabena esi wonyã wo tso Egipte la, womete ŋu ta ɖi, ne woaɖa nu aɖo asi o.


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Eye wowɔ fiẽnuɖuɖu nɛ le afima, eye Marta subɔ kplɔa ŋuti, ke Lazaro enye amesiwo nɔ kplɔa ŋuti kplii la, dometɔ ɖeka.


Eye aƒetɔ la gblɔ na dɔla la bena: Do go yi mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nazi wo dzi be, woava me, bena nye aƒe la nayɔ fũ.


Mele egblɔm na mi bena: Ne mefa, eye wònae le xɔlɔ̃, si wònye nɛ ta o la, ekema le fu, si ɖem wòle nɛ ta la ato, eye wòanae alesi nu dim wòle.


Eye Lewi ɖo kplɔ̃ gãa ɖe ne le eƒe me: eye nudzɔlawo kple ame bubuwo ƒe ha gãa ɖe bɔbɔ nɔ anyi ɖe nuaɖuƒe kpli wo.


Eva me gbe ɖeka be, Elisa yi Sunem, eye nyɔnu hotɔa ɖe le afima, amesi ƒoe ɖe enu be, wòaɖu nu kplii. Eye ne eva yina godoo la, edzea afima heɖua nu.


Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Eye ɖevi la tsi, eye wòɖi no, eye gbesigbe Isak ɖi no la, Abraham ɖo kplɔ̃ gãa ɖe.


Eye wògblɔ bena: Oo, nye aƒetɔwo, mitrɔ va dze miaƒe dɔla gbɔ, ne míatsi adɔ, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu; etsɔ ŋdi kanya hafi miagadze miaƒe mɔ dzi. Ke woɖo ŋu ne bena: O, míatsi dugbɔdzi le ablɔ me adɔ boŋ.


Tete wògblɔ bena: Va, wò amesi Yehowa yra! Nukaŋuti nètsi dugbɔ dzi? Medzra xɔ me ɖo, eye teƒe hã li na kposɔwo.


Emegbe eɖo kplɔ̃ na wo, woɖu nu, eye wono nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite