Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Esi Mawu tsrɔ̃ nuto ma me duawo la, eɖo ŋku Abraham dzi, eye wòɖe Lot hekplɔe tso ɖu, siwo me Lot nɔ la ƒe gbegblẽ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Ale Mawu se Abraham ƒe kukuɖeɖe, ena Lot nɔ dedie, eye wòɖee tso ku kple tsɔtsrɔ̃ siwo ƒo xlã Sodom, Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:29
21 Referans Kwoze  

Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!


eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; —


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.


Eya, amesi ɖo ŋku mía dzi, esime wòbɔbɔ mí ɖe anyi, elabena eƒe amenuveve li tegbee;


Yehowa, ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve, si nèɖe fi wò dukɔ la nu; tsa wò xɔname va kpɔm ɖa,


Elabena eɖo ŋku eƒe nya kɔkɔe, si wògblɔ na eƒe dɔla Abraham la dzi.


Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!


Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔ̃dɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o!


Tete Mawu ɖo ŋku Raxel dzi, eye Mawu ɖo toe, eye wòʋu eƒe vidzidɔ.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Aɖo ŋu eƒe nubabla, nya, si wòɖo hena dzidzime akpewo la tegbee,


Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi ta Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso kluvinyenyeƒe me, eye wòɖe mi tso Farao, Egipte-fia si me.


Ɖo ŋku wò dɔlawo Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye megaɖo ŋku dukɔ sia ƒe tamesesẽ, nuvlowɔwɔ kple nuvɔ̃ dzi o;


eye ŋutsu etɔ̃ siawo le edzi la, Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvi o, negbe woawo ɖeɖe ko woaɖe, eye anyigba la azu gbegbe.


Ame abe wò ene, wò vɔɖiwɔwɔ ava dziwò ke; eye wò amegbetɔvi, wò dzɔdzɔenyenye ava dziwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite