Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye wotsrɔ̃ du siawo kple nuto ma me katã; dua me nɔlawo tsrɔ̃, eye nusiwo miena ɖe anyigba dzi hã gblẽ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 gblẽ wo kple du gã kple du sue siwo nɔ gbadzaƒe la, eye amewo, atiwo kple lãwo siaa tsrɔ̃ keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:25
15 Referans Kwoze  

anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.


Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wotsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me;


Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot nɔ nuto ma ƒe duwo me le eƒe agbadɔ hom le tutum, vaseɖe esime wòɖo Sodom.


eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?


Ale woava me na Babel, si nye fiaɖuƒewo ƒe nu vevi kple Kaldea-tɔwo ƒe adegbeƒoƒo kple atsyɔ la, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.


Ŋutsu ma nenɔ abe du, siwo Yehowa trɔ bu anyi, eye mevee o la ene! Nese aƒadodo le ŋdi kple aʋaɣli le ŋdɔ!


Yehowa be: Amea ɖeke magatso aƒe ɖe afima o, eye amegbetɔvia ɖeke manɔ afima o, abe alesi wotrɔ Sodom kple Gomora kple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Yehowa be: Ame matso aƒe ɖe afima alo amegbetɔvia ɖe nanɔ eme o, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora kpakple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe vodadawo só gbɔ wu Sodom, si wotrɔ bu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amea ɖeke mekpe asi ɖe eŋu o la ƒe nuvɔ̃wo.


Woda, eye wowɔ ŋunyɔnu le ŋkunye me, eye esi mekpɔe ko la, meɖe wo ɖa.


Metrɔ mi bu anyi, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene, eye miele abe ati, si woɖe tso dzo me la ene; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!


Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Moab mazu abe Soɖom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee; nye ɖukɔ ƒe susɔea aha wo, eye nye dukɔ ƒe mamlea atsɔ wo anyi domee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite