Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le ɖu la ƒe vodada ta o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Le fɔŋli la, mawudɔlawo gblɔ na Lot be, “Netsɔ na wò, nàkplɔ srɔ̃wò kple viwò nyɔnuvi eve siwo le afi sia la, eye miasi adzo, ne menye nenema o la, miatsrɔ̃ le du sia tsɔtsrɔ̃ me.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:15
11 Referans Kwoze  

Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,


Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!


Ɖe abla yi afima kaba; elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, vaseɖe esime naɖo afima. Eyata woyɔa ɖu la be Zoar.


Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!


Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.


Ke esi wòle tɔtrɔm la, ŋutsuawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo; elabena Yehowa ve woawo nu.


Ana woƒe dzɔgbevɔ̃e natrɔ va wo dzi, eye wòatsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ atsrɔ̃ woe; Yehowa, mía Mawu la, atsrɔ̃ wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite