Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:14
26 Referans Kwoze  

Mite ɖe aga le ha sia ŋu, ne matsrɔ̃ wo zi ɖeka.


Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ.


Eye wògblɔ na ha la bena: Mite ɖa le ame mavɔ̃mawu siawo ƒe agbadɔwo gbɔ, eye migaka asi woƒe nua ɖeke ŋu, bena miawo hã míagatsrɔ̃ le woƒe nuvɔ̃wo ta o.


Esi duxɔlawo tsa tso du me yi du me le Efrayim-nyigba kple Manase-nyigba dzi vaseɖe Zebulon la, woko wo heɖe alɔme le wo ŋu,


Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, amea ɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi.


Eye nya siawo dze le woƒe ŋku me abe bometsinya ene, eye womexɔ wo dzi se o.


egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe.


Yehowa, eƒo nya ɖe nunye, eye melɔ̃ neƒoe ɖe nunye, èlèm sesẽ, eye nèkpe le dzinye; mezu alɔmeɖenu ŋkeke blibo la, eye wo katã wole koyem.


Eyata miganɔ fewu ɖum, ne miaƒe babla nadzi goŋgoŋ o; elabena wotsrɔ̃ kple tameɖoɖo kplikpaa mese tso Aƒetɔ, Yehowa Zebaot gbɔ ɖe anyigba blibo la ŋu.


Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse.


Ke woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.


Ke Yesu Kristo ƒe dzidzi le ale: Esime wodo dadaa Maria ŋugbe na Yosef, eye hafi wova kpe la, wokpɔ bena, efɔ fu tso Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


Eye wòyɔ Mose kple Aron vɛ le zã me gblɔ bena: Netsɔ, midzo le nye dukɔ la dome, mia ŋutɔwo kple Israel-viwo; miyi ɖasubɔ Yehowa, abe alesi miegblɔ ene.


Ke amesi ke mebu Yehowa ƒe nya la o la, gblẽ eƒe dɔlawo kple lãhawo ɖe gbedzi.


Ɖe abla yi afima kaba; elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, vaseɖe esime naɖo afima. Eyata woyɔa ɖu la be Zoar.


Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!


Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le ɖu la ƒe vodada ta o!


Esi Yeremya wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nya, siwo katã Yehowa, woƒe Mawu, de asi nɛ ɖo ɖe wo la gbɔgblɔ na dukɔ blibo la nu vo la,


Azarya, Hosaya vi, kple Yoxanan, Kareax vi kpakple ŋutsu vlowo katã gblɔ na Yeremya bena: Alakpa dam nèle; menye Yehowa, mía Mawu, ye ɖo wò ɖa gblɔ bena: Migayi Egipte ɖanye amedzro le afima o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite