Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 19:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye ŋutsuawo gblɔ na Lot bena: Amea ɖewo gale asiwò le afisia? Kplɔ towòwo kple viwònyɔnuwo kple tɔwo to, siwo katã le dua me la, do go tso teƒe sia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mawudɔlawo bia Lot be, “Wò ƒometɔ kawoe le du sia me? Na woawo ŋutɔ, wo viŋutsuwo, wo vinyɔnuwo, wo toyɔviwo kple lɔ̃xoyɔviwo kple woƒe ƒometɔ bubuawo katã nadzo le du sia me,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 19:12
13 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


Eye mese gbe bubua ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxa eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o,


eye wòɖe Lot dzɔdzɔetɔ, si ŋu ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ sẽ ŋuta le la, tso me; —


ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;


Eye wògblɔ na ha la bena: Mite ɖa le ame mavɔ̃mawu siawo ƒe agbadɔwo gbɔ, eye migaka asi woƒe nua ɖeke ŋu, bena miawo hã míagatsrɔ̃ le woƒe nuvɔ̃wo ta o.


Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!


Mana dzi ɖeka kple mɔ ɖeka wo, ne woavɔ̃m ɣeawo katã ɣi hena woawo ŋutɔ kple wo megbeviwo ƒe nyuie.


Ɖe abla yi afima kaba; elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, vaseɖe esime naɖo afima. Eyata woyɔa ɖu la be Zoar.


Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.


Eye wotsɔ ŋkuagbã ƒo ŋutsu, siwo le xexe le ʋɔtrua nu, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ale bena ɖeɖi koe te wo ŋu dzodzro le ʋɔtrua nu didi me.


Miele teƒe sia tsrɔ̃ ge, elabena dodo ɖe wo ta ɖi ɖe Yehowa ƒe to me; eyata Yehowa ɖo mí ɖa, bena míatsrɔ̃e.


Nye dukɔ, midzo le egbɔ, eye amesiame neɖe eƒe agbe tso Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la nu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite