Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 18:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Abraham ƒu ɖu yi ɖe nyiwo dome, eye wòlé nyivi nyuia ɖe tsɔ na eƒe dɔla wòɖawu enumake, eye wòmee wòbi nyuie.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 18:7
11 Referans Kwoze  

ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.


Eye wògblɔ ne bena: Nɔviwò va, eye fofowò wu nyivi dami; elabena egakpɔe dedie.


eye milé nyivi dami la ve, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ;


Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


mi amesiwo mlɔ nyiɖubatiwo dzi, eye miedra ɖe mia mlɔƒewo, mieɖu alẽviwo le lãhawo dome kple nyiviwo le lãkpɔ me;


Eye esi wòƒoe ɖe wo nu ʋuu la, wòtrɔ va dze eƒe me. Eye wòto tatali heɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu.


Tete Abraham ƒu ɖu yi ɖe Sara gbɔ le agbadɔ me, eye wògblɔ nɛ bena: Wɔ kaba, ku wɔ memee asiʋlo etɔ̃a ɖe, nablui, eye natsɔe atɔ tatalii.


Eye wòtsɔ notsi kpekẽtɔ kple notsi tsrolotɔ hekpe ɖe nyilã memee la ŋu va ɖo wo kɔme; ke eya ŋutɔ tsitre ɖe wo gbɔ le atia te, esime wole nua ɖum.


Nyivi damia ɖe le nyɔnu la si le aƒea me, eye wòɖe abla hetsoe, eye woku wɔ blu hetɔ tatali maʋamaʋã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite