Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 18:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ɖewohi ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa?

Gade chapit la Kopi




1 Mose 18:24
8 Referans Kwoze  

Miyi ɖatsa le Yerusalem ƒe kpɔdomeewo, mikpɔ nu, eye midze si nu, midi nu gɔme se le eƒe ablɔwo me, be míakpɔ amea ɖe loo, alo amea ɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòbiaa nyateƒe ta sena hã, ekema màtsɔe akee.


Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Eye wògblɔ be: Aƒetɔ, megabi dzi o loo, ne magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ woakpɔ ame ewo le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame ewo ta nyematsrɔ̃ wo o.


Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.


Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã?


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Ame abe wò ene, wò vɔɖiwɔwɔ ava dziwò ke; eye wò amegbetɔvi, wò dzɔdzɔenyenye ava dziwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite