Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 18:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Tete Sara sẽ nu gblɔ bena: Nyemeko nu o; elabena ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ ne bena: O, èko nu tso!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ke Sara da alakpa be, “Nyemeko nu o,” elabena evɔ̃. Ke egblɔ nɛ be, “O! Èko nu.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 18:15
17 Referans Kwoze  

Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.


Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.


ke boŋ mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me,


Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Tete dɔlanyɔnu, si nye ʋɔtrunudzɔla la, gblɔ na Petro bena: Wò hã, ɖe menye amesia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye o mahã?


eye mehiã bena, amea ɖe naɖi ɖase le ame ŋuti o; elabena eya ŋutɔ dze si nusi le ame me.


Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã?


Nyateƒenuyi anɔ anyi tegbee; ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo ɖeka ko.


Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.


Gblɔ ko dzro bena, nɔvinyenyɔnu nènye, ne manɔ dedie le tawò, eye matsi agbe le tawò!


Tete Yehowa gblɔ na Kain bena: Afika noviwò Habel le? Eye wòɖo ŋu nɛ be: Nyemenyae o! Alo nɔvinye dzikpɔla menyea?


migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa,


Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si.


Esia megbe la ŋutsuawo dze mɔ tso afima, eye wokpɔ Sodom le abu me ɖa; ke Abraham yi kpli wo, be yeaɖo wo ɖa.


enye ne mía Mawu madi egɔme oa? Elabena enya dzi me gogloeaƒe ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite