Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 18:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete Sara ko nu ɖe dɔ me gblɔ bena: Esi metsi lé ayi ale la, ɖe nu agavivi nunyea? Eye ye aƒetɔ hã ku amegã ɖeɖi!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 18:12
12 Referans Kwoze  

abe alesi Sara ɖoa to Abraham, eye wòyɔnɛ be aƒetɔ la ene, amesi vinyɔnuviwo míezu azɔ, ne miewɔa nu nyui, eye míeyɔa ŋɔdzidodoa ɖeke o.


Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?


Tete Yehowa gblɔ na Abraham bena: Nukaŋuti Sara le nu kom le susum bena: Nye amesi ku nyagã la, magate ŋu adzi via?


Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.


Tete nukoko yɔ míaƒe nume fũ, míaƒe aɖe tso aseye, eye wogblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa wɔ nu gã na woamawo.


Nyɔnuvi, see, kpɔ nu, eye naƒu to anyi, wò ŋku nedzo le wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe dzi,


Esi ŋua mekpɔ ke ɖe le eme keŋ o la, nyɔnu la va dze anyi ɖe ŋutsua ƒe xɔ, si me eƒe aƒetɔ le la, ƒe ʋɔtru nu, vaseɖe esime ŋua ke ɖe le eme.


egblɔ bena. Le ƒe, si gbɔna ƒe wɔale siawo ɣi la, ŋutsuvi anɔ alɔto na wò. Egblɔ bena: Kpao, nye aƒetɔ, Mawu ƒe ame, megaflu wò dɔlanyɔnu o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite