Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 18:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wògblɔ nɛ bena: Le ƒe, si gbɔna ƒe woalewoɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si. Ke Sara le agbadɔ nu le emegbe le esem.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi’ ” Sara nɔ agbadɔ me le Abraham megbe nɔ nya siawo sem.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 18:10
15 Referans Kwoze  

Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi.


Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.


Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.


Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada.


Ke miawo la, nɔviwo, le Isak nu míenye ŋugbedodo la ƒe viwo.


Ke amesi tso kosi me la, wodzii le ŋutilã la nu, eye amesi tso ablɔɖenyɔnu me la, wodzii to ŋugbedodo la me.


Ke dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Zaxarya; elabena wose wò kukuɖeɖe la, eye srɔ̃wò Elisabet adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yohanes.


Eye Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ bena: Mawɔ wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ŋutɔ, ale bena le woƒe agbɔsɔsɔ ta womate ŋu axlẽ wo o.


Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me.


Ke Yehowa ɖo ŋku ŋugbe, si wòɖo na Sara la dzi, eye Yehowa wɔ na Sara, abe alesi wògblɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite