Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 17:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eyata womagayɔ wò bena Abram akpɔ o, ke boŋ Abraham anye wò ŋkɔ. Elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mawu yi edzi be, “Wò ŋkɔ maganye Abram o, ke boŋ ezu Abraham, elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 17:5
16 Referans Kwoze  

Wòe nye Yehowa Mawu, amesi tia Abram, eye nẽkplɔe tso Ur-Kaldea hetsɔ ŋkɔ ne be Abraham.


Eye Mawu gagblɔ na Abraham bena: Megayɔ srɔ̃wò Sarai bena Sarai azɔ o, ke boŋ Sara anye eƒe ŋkɔ.


Ebiae bena: Ŋkɔwò ɖe? Eɖo ŋu bena: Yakob.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;


Eye esi ŋu ke ɖa, Pasxur na woɖaɖe Yeremya le pã me. Tete Yeremya gblɔ nɛ bena: Yehowa megayɔ wò be Pasxur azɔ o, ke boŋ „ŋɔdzi li godoo“.


Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,


Eye wotsɔe ɖe asi na nyagblɔɖila Natan, amesi na ŋkɔe le Yehowa ta be Yedidya.


Esiawo nye ŋutsu, siwo Mose do, be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi la, ƒe ŋkɔwo Eye Mose yɔ Hosea. Nun vi, be Yosua.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Ŋkɔwò enye Yakob; tso esia dzi la womagayɔ wò bena Yakob o, ke boŋ wò ŋkɔ anye Israel. Eyata woyɔnɛ bena Israel.


Eye wògblɔ bena: Womagayɔ wò be Yakob akpɔ o, ke boŋ Israel, elabena ete kame kple Mawu kpakple ame, eye nete ŋui.


Abram, eya nye Abraham.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite